Acts 25

Paulo tsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro

1Esi Festo dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem. 2Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. 3Wodze agbagba ble enu be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be yewoabe ɖe mɔa dzi awui. 4Festo ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔme le Kaesarea eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, 5mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu le afi ma nenye eda vo aɖe.”

6Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festo trɔ yi Kaesarea eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.

7Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la, do ɣli gblɔ aʋatsonya geɖewo ɖe eŋu togbɔ be ɖasefo aɖeke menɔ wo si o hã. 8Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu ɣeaɖekeɣi o.”

9Ke Festo di vevie be yeadze Yudatɔwo ŋu eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi maa?”

10Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe! Nyemele Yerusalem yi ge o. Ke boŋ medi be mayi Roma Fiagã la boŋ gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu. Wò ŋutɔ ènya nyuie be nyemedze agɔ o. 11Ne mewɔ nane si dze na ku la nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke natsɔm de asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na fia Kaisaro ŋutɔ!”

12Nya sia na be Festo trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dãli vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ bena, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”

Paulo do ɖe fia Agripa ŋkume

13Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la fia Agripa kple nɔvianyɔnu, Benis, ɖi tsa va Festo gbɔ be yewoava kpɔe ɖa. 14Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festo gblɔ Paulo ƒe nya na Agripa be, “Felike gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi meva xɔ eteƒe. 15Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. 16Ke, abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be, míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o. Ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.”

17“Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afii la, meyɔ ʋɔnua eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae. 18Esi enutsolawo tsi tre be woaƒe nu la wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o. 19Ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu. 20Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevi o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? 21Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”

22Agripa gblɔ na Festo be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festo do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.”

23Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Beris va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea le bubu kple atsyɔɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumemegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festo na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.

24Festo ƒo nu na ƒuƒoƒea be, “Fiagã Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afii, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa, di be woatso kufia na. 25Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. 26Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobi aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevitɔ wò fia Agripa be nàbia gbee eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. 27Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnui le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”

Copyright information for EweBEE